Ènyaa?
Nu kae aloe si amewo zã le Biblia ŋlɔɣiwo la nye?
Biblia gblɔ be wowua aloe ɖe awuwo me kple abawo dzi be woaʋẽ lilili. (Psalmo 45:9; Lododowo 7:17; Hawo ƒe Ha 4:14, NW) Anɔ eme be ati si woyɔna be Agarwood (atiwo ƒe hatsotso si woyɔna be Aquilaria la dometɔ ɖeka) la mee wokpɔa aloe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la tsonɛ. Ne atia le vovom lae ami ʋeʋẽe kple aŋe dona tsoa eme. Wotua atia memie wòzua wɔ, eye eyae nye “aloe” si wodzrana.
Biblia tsɔ Israel ƒe agbadɔwo sɔ kple “aloeti, siwo Yehowa do.” (4 Mose 24:5, 6) Anɔ eme be ale si Agarwood la ƒe dzedzeme nɔna
Vɔsanu kawoe woxɔna le gbedoxɔa me le Yerusalem?
Mawu ƒe Se la gblɔ be ele be nu siwo katã woatsɔ asa vɔe le gbedoxɔa me la nanye nyuitɔ kekeake. Ne nu siwo wotsɔ sa vɔe la menye nyuitɔ alo sɔ blibo o la, Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. (2 Mose 23:19; 3 Mose 22:21-24) Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ agbalẽŋlɔla Philo gblɔ be ɣemaɣi la, nunɔlawo léa ŋku ɖe lãwo ŋu tsitotsito “tso ta gbɔ va se ɖe afɔ gbɔ” be woaka ɖe edzi be wosɔ blibo eye “naneke mewɔ afi aɖeke na wo o.”
Agbalẽnyala E. P. Sanders gblɔ be anɔ eme be nunɔlawo “ɖea mɔ na vɔsalãdzrala siwo dzi woka ɖo la be woadzra lã kple xe siwo ŋu nunɔlawo lé ŋku ɖo xoxo la ko. Eya ta anɔ eme be lãdzralaa tsɔa kpeɖodzinu aɖe nana nuƒlelaa, si anye ɖaseɖiɖi be lã la sɔ blibo eye nu mewɔ afi aɖeke nɛ o.”
Le ƒe 2011 me la, blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe kpeɖodzinu, alo dzesi, ma ƒomevi aɖe ŋu le gbedoxɔa gbɔ lɔƒo