Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔnuwo Ƒe Dedienɔnɔ​—Nya Si Biblia Gblɔ

Nyɔnuwo Ƒe Dedienɔnɔ​—Nya Si Biblia Gblɔ

 Nyɔnu kple nyɔnuvi miliɔn geɖe le xexea me godoo siwo ŋu wowɔa nu manyomanyowo ɖo. Ðe nèle wo domea? Kpɔ ale si Mawu tsɔ ɖe le eme na wò eye wòdi vevie be nànɔ dedie, kple nu si wòawɔ be womagawɔ nu manyomanyo ɖe nyɔnuwo ŋu azɔ o.

 “Esi menye ɖevi la, fonye ƒoam vevie eye wòdzuam gbe sia gbe. Esi metsi va ɖe srɔ̃ la, lɔ̃xonye hã wɔa nu ma ɖe ŋunye. Eya kple tonye fiaa fum ale gbegbe. Evaa susu me nam be mawu ɖokuinye.”—Madhu, a India.

 Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be, “ŋutasesẽnuwɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu bɔ ŋutɔ le xexea me godoo.” Wobu akɔnta be le nyɔnu etɔ̃ ɖe sia ɖe dome la, edzɔ be wosẽ ŋuta le ɖeka ŋu alo dɔ egbɔ akpasesẽtɔe kpɔ.

 Ne nu sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, ànɔ vɔvɔ̃m be afi sia afi si yeyi la, nu mawo koe amewo awɔ ɖe ye ŋu, eya ta màse le ɖokuiwò me be yele dedie o. Ale si amewo dzua nyɔnuwo, sẽa ŋuta le wo ŋu eye wodɔa wo gbɔ sesẽe la ate ŋu ana nàsusui be: ‘Viɖe aɖeke mele nyɔnuwo ŋu o.’ Gake ɖe Mawu hã bunɛ be viɖe aɖeke mele nyɔnuwo ŋu oa?

Biblia na míekpɔe be Mawu tsɔ ɖe le eme na nyɔnuwo eye edi be woanɔ dedie

Aleke Mawu bua nyɔnuwo?

 Mawunyakpukpui: “Ŋutsu kple nyɔnu [Mawu wɔ].” —1 Mose 1:27.

 Nu si wòfia: Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. Edea bubu wo ame evea siaa ŋu. Edi hã be “srɔ̃ŋutsu . . . nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene,” ke menye be wòanɔ srɔ̃a dzi zim, anɔ ŋuta sẽm le eŋu alo anɔ nya veamewo gblɔm nɛ o. (Efesotɔwo 5:33; Kolosetɔwo 3:19) Eya ta eme kɔ be Mawu tsɔ ɖe le eme na nyɔnuwo eye wòdi be woanɔ dedie.

 “Le nye ɖevime la, ƒonyemetɔ aɖewo dɔa gbɔnye. Esi mexɔ ƒe 17 la, ame si menɔ dɔ wɔm na gblɔ nam be yeanyãm le dɔ me ne nyemelɔ̃ yedɔ gbɔnye o. Esi metsi la, srɔ̃nye, dzinyelawo kple nye aƒelikawo medea bubu ŋunye kura o. Gake meva srɔ̃ ŋu tso Yehowa b mía Wɔla la ŋu be edea bubu nyɔnuwo ŋu. Esia na meka ɖe edzi be elɔ̃m eye mexɔ asi nɛ.”—Maria, Argentina.

Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàŋlɔ wò veveseseawo be?

 Mawunyakpukpui: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.”—Lododowo 18:24.

 Nu si wòfia: Xɔlɔ̃ vavã akpe ɖe ŋuwò. Eya ta ne ame aɖe li si dzi nèka ɖo la, gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ.

 “Wonɔ gbɔdɔnuwo wɔm ɖe ŋunye ƒe 20 sɔŋ, gake nyemegblɔe na ame aɖeke o. Esia wɔe be nyemekpɔa dzidzɔ o, metsia dzodzodzoe eye nu tena ɖe dzinye. Gake esi meva gblɔe na ame aɖe si ɖo tom nyuie la, nye dzi dze eme ŋutɔ.”—Elif, Türkiye.

 Mawunyakpukpui: ‘Dro wò dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na wò.’ —1 Petro 5:7.

 Nu si wòfia: Ne èdo gbe ɖa na Mawu la, esenɛ. (Psalmo 55:22; 65:2) Etsɔ ɖe le eme na wò, eya ta akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be asixɔxɔ le ŋuwò.

 “Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu kpe ɖe ŋunye meŋlɔ nye veveseseawo be. Fifia metea ŋu doa gbe ɖa gblɔa nye dzimenyawo nɛ. Eva zu xɔ̃nye eye esea nu gɔme nam.”—Ana, Belize.

Ðe Mawu ana woadzudzɔ nu manyomanyowo wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋua?

 Mawunyakpukpui: “[Yehowa atso] afia na tsyɔ̃eviwo kple ame siwo woƒo ƒu anyi la, ne amegbetɔ si kuna nagado voɖi na wo azɔ o.”—Psalmo 10:​17, 18.

 Nu si wòfia: Madidi o, Mawu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa, esia awɔe be womagawɔ nu vlowo ɖe nyɔnuwo ŋu alo asẽ ŋuta le wo ŋu azɔ o.

 “Esi meva srɔ̃e be madidi o Yehowa ana woadzudzɔ ŋutasesẽ le nyɔnuwo kple nyɔnuviwo ŋu la, nye dzi koe dze eme bɔkɔɔ, eye nye susu me hã dze akɔ anyi.” —Roberta, Mexico.

 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe ku ɖe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me ŋu, nu si ta nàte ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi, kple ale si Yehowa Ðasefowo le Biblia zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu egbea la, gblɔe na ame si na agbalẽvi sia wò.

 Wɔ nyati sia ƒe kɔpi si nàte ŋu ata.

a Míetrɔ ŋkɔawo.

b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:​18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?