Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY (DZODZE) 12, 2016
KYRGYZSTAN

Wogatsɔ Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Nyaa Yi Ʋɔnu Ake Le Kyrgyzstan

Wogatsɔ Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Nyaa Yi Ʋɔnu Ake Le Kyrgyzstan

Kyrgyzstan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ adrɔ̃ nya eve aɖewo siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ, habɔbɔ kple susuɖegblɔ ƒe ablɔɖe ŋu.

  • February (Dzodze) 15, 2016. Yehowa Ðasefowo bia be woagbugbɔ adrɔ̃ ale si Dukɔa Ƒe Kɔmiti Si Kpɔa Mawusubɔsubɔnyawo Gbɔ gbe be yewomade Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha ene agbalẽ me le se nu o ƒe nya la na yewo. Esi Kɔmitia gbe esia wɔwɔ la, etu afɔkpo nyametsotso si Dukplɔseŋubuha ɖe ɖe go le September (Anyɔnyɔ) 4, 2014 dzi ku ɖe nya sia tututu ŋu.

  • February (Dzodze) 24, 2016. Woagbugbɔ adrɔ̃ aƒenɔ Oksana Koriakina kple nɔa Nadezhda Sergienko ƒe nyaa abe ale si Osh Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamala bia ene. Amesamala bia be woate fli ɖe ale si woɖe asi le nyɔnu siawo ŋu la me. Ete ɖe Yehowa Ðasefowo dzi be Osh Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe amesamala bia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃, elabena nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ɖee fia kɔtɛe va yi xoxo be setɔwo da dukplɔsea dzi esi wolé nyɔnu siawo tu.