Dzo kpo yi emenuwo dzi

RUSSIA

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Russia

Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Russia

Egbea le Russia la, wole Yehowa Ðasefowo yome tim vevie eye wole fu wɔm wo. Tso ƒe 1900-awo me la, Russia dziɖuɖua mewɔ nu ɖe Ðasefowo ŋu nyuie o, togbɔ be wonya Ðasefoawo nyuie be wonye sedziwɔlawo kple ŋutifafamewo hã. Wowɔ nu ɖe wo ŋu nenema elabe wodi be yewoazi wo dzi woava nɔ Soviet Union dziɖuɖua ƒe akpa dzi.[1] Womeɖe mɔ be Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke nanɔ wo si o. Dziɖuɖua ƒe ŋku nɔ wo ŋu ɣesiaɣi, eya ta wova nɔ woƒe kpekpewo wɔm le adzame. Ne wolé wo la, woƒona wo vevie eye wodea wo gaxɔ me ƒe geɖe. Dziɖuɖua ɖe aboyo wo dometɔ akpe geɖe yi Siberia.[1a]

Gake nuwo va trɔ le ƒe 1991 me. Russia dziɖuɖua va ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo le se nu be woate ŋu asubɔ le ablɔɖe me eye dziɖuɖua magade nu woƒe subɔsubɔnyawo me azɔ o.[2] Gake medidi o, wogava trɔ woƒe susu.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe sue aɖe si le Russia tso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe nye “aglãdzeha.” Le ƒe 2009 me la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ hã da asi ɖe nyametsotso ma dzi. Esia wɔe be wogadze Ðasefoawo yome titi eye woɖo asi woƒe dɔ aɖewo dzi.[3] Woʋli nya sia le ʋɔnu ƒe geɖe, eye le April 2017 me la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be woaɖo asi dɔ siwo wowɔna le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒegã dzi, elabe wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wodoa agladzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ le afi ma.[4] Enumake dziɖuɖua xɔ Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe nunɔamesi siwo le Russia, wotu teƒe siwo wosubɔna le eye woɖe gbeƒã be woƒe agbalẽwo “doa agladzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ.”[5]

Esia mesu eme na Russia dziɖuɖua o, fifia wova tɔ ŋku Ðasefoawo ɖekaɖeka. Wokeke se si wode be woɖo asi Ðasefoawo ƒe habɔbɔa dzi ɖe enu ale gbegbe be ne Ðasefo aɖe ŋutɔ le eƒe Mawu subɔsubɔdɔwo wɔm hã wobunɛ be ele se dzi dam. Eya ta poliswo yia Ðasefowo ƒe aƒe me ƒoa wo eye wobiaa gbe wo akpasesẽtɔe. Woɖanye ŋutsu, nyɔnu alo ɖeviwo o, woléa wo, bua fɔ wo eye wotua wo ɖe gaxɔ me alo woƒe aƒewo me.[6]

Tso esime woɖo asi Ðasefowo ƒe dɔ dzi le April 2017 me la, wotsɔ nya ɖe wo dometɔ alafa geɖe ŋu be wonye aglãdzelawo eye wode ɖewo gaxɔ me alo lé wo tu evɔ womedrɔ̃ nya na wo haɖe o.[7] Kaka March  18, 2024 naɖo la, Ðasefo 117 ye wolé de gaxɔ me.[7a]

Amewo Le Agbagba Dzem Be Yewoana Russia Dziɖuɖua Nadzudzɔ Tagbɔsesẽ Le Ðasefowo Ŋu

Ame geɖe le xexea me godoo le agbagba dzem be yewoana Russia dziɖuɖua nadzudzɔ Ðasefoawo yome titi, gake dziɖuɖua yi edzi le Ðasefowo nu tsom be wonye aglãdzenuwɔlawo.[8][9][10] Informed observers and courts outside of Amewo kple ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo mele Russia o meda asi ɖe ale si Russia dziɖuɖua le Yehowa Ðasefowo yome tim vevie la dzi kura o.

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe: Le June 7, 2022 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe bu fɔ Russia vevie ɖe ale si wòle Yehowa Ðasefowo yome tim ta (Taganrog LRO and Others v. Russia, nos. 32401/10 and 19 others).[16] Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be ale si Russia ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le ƒe 2017 me la mele se nu o.[16a] Ede se na Russia be “wòate fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la me, eye wòaɖe asi le wo dometɔ siwo wolé de gaxɔ me ŋu.”[16b] Azɔ hã, ebia tso esi be wòagbugbɔ nu siwo woxɔ le habɔbɔa si la na wo alo axe nugblẽfe si ƒe home nye Amerika dɔlar miliɔn 60, eye wòaxe dɔlar miliɔn 3 ɖe fuɖename kple vevesese siwo wodo na Ðasefo siwo tsɔ nyaa va ʋɔnui ta.[16c]

Lɛta Si Europatɔwo Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea Ƒe Dɔdzikpɔlagã Ŋlɔ: Le December 9, 2022 dzi la, Dɔdzikpɔlagã, Marija Pejčinović Burić, ŋlɔ lɛta aɖe na Russiatɔwo Ƒe Dudɔnunɔla Si Kpɔa Dutanyawo Gbɔ be: “Le ʋɔnunya siwo wona ŋkɔ be Yehowa Ðasefo Siwo Le Moscow Kple Etɔwo Kpakple Krupko Kple Etɔwo me, si ku ɖe ale si wodi be woagbã Yehowa Ðasefowo ƒe ha ŋu, si na woɖo asi woƒe dɔwo dzi, xe mɔ ɖe ale si woƒoa ƒu le ŋutifafa me subɔna ŋu eye woxɔ subɔsubɔblɔɖe le wo dometɔ aɖewo si la, Aɖaŋuɖotakpekpe Kɔmitia di vevie tso Russia dziɖuɖua si be wòaɖe mɔ na Yehowa Ðasefoawo woawɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo katã eye wòate fli ɖe ʋɔnunya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu be wonye aglãdzelawo la me.”[14]

Nyametsotso Si Europatɔwo Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Kɔmitia Wɔ: Le takpekpe aɖe si Kɔmiti sia wɔ le September 2023 me la, wode dzesii be “Russia ɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu [Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea] ƒe mɔfiame siwo me kɔ siwo dze le Kɔmitia ƒe Ðoɖo 46 lia me dzi. Elabe womewɔ ɖe mɔfiamea dzi le Taganrog LRO Kple Etɔwo ƒe ʋɔnunyawo me o; vevietɔ wu la, womeɖe asi le Yehowa Ðasefo siwo wolé de gaxɔ me la ŋu o. Esia te ɖe mía dzi ŋutɔ.” Le esia ta, Kɔmitia “tso nya me be woatsɔ ʋɔnunya siawo ayi na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ, kple xexea me habɔbɔ bubu siwo le Yehowa Ðasefowo yometiti le Russia ƒe nyawo gbɔ kpɔm, kple susu be woana Russia nawɔ ɖe kɔmitia ƒe mɔfiamewo dzi le ʋɔnunya mawo me.”[15]

Ame Siwo Wodrɔ̃ Ʋɔnu Madzemadzee Nyitsɔ Laa

  • Le January 25, 2024 dzi la, woka ƒe eve na Sona Olopova, si xɔ ƒe 37 eye wònye srɔ̃tɔ, be wòatsɔ awɔ dɔ sesẽ le gaxɔ me. Gakpɔa le Samara Nutoa me, eye afi ma koe wòanɔ ƒe evea katã.[65]

  • Le July 2018 me la, setɔ siwo lé tu ɖe asi la vae dze Ðasefo aɖe kple srɔ̃a dzi le woƒe aƒe me le Vladivostok. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wotsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnu be “wonɔ dɔ wɔm na agladzehabɔbɔ aɖe”.[66] Le February 6, 2024 dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si gbugbɔdrɔ̃ nya na Dmitriy Barmakin la da asi ɖe ale si wotso afia nɛ va yi dzi. Eya ta, wogakplɔe yi gaxɔ me be wòavae wu ƒe enyi si woka nɛ la ŋu.[67] Wolé Dmitriy srɔ̃ Yelena hã le eƒe xɔse ta, eye wole nyaa drɔ̃m le ʋɔnu.[66]

  • Tsentralniy Nutoa Me Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Tolyatti le Samara Nutoa me la tso afia na Aleksandr Chagan, si xɔ ƒe 53 eye wònye srɔ̃tɔ. Woka ƒe enyi nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me; eyae nye Ðasefo ŋutsu siwo nɔ gaxɔ me le Russia wòdidi wu la dometɔ ɖeka. Le February 29, 2024 dzi esi wowu eƒe nya dɔdrɔ̃ nu le ʋɔnu la, wokplɔe yi gaxɔ me tẽe.[68] Ele gaxɔ me fifi laa le Detention Center No. 4 le Samara Nutoa me.[69]

  • Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe si le Irkutsk Nutoa me le Siberia ƒe ɣedzeƒe la bu fɔ Ðasefo asieke be wonye aglãdzelawo; wo dometɔ tsitsitɔ xɔ ƒe 72. Le March 5, 2024 dzi la, wotso afia na wo eye woka va ɖo ƒe adre na wo be woatsɔ anɔ gaxɔ me.[69a] Woawo hã nɔ ame siwo ƒe aƒewo me setɔwo vae tsa eye wotsɔ woƒe nyawo yi ʋɔnu le October 2021 dzi la dome. Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yaroslav Kalin ya wɔ ƒe eve le gaxɔ me xoxo hafi wova le afia tsom na wo gɔ̃ hã.[69b] Egblɔ be “nɔnɔmeawo mede ame dzi kura le gaxɔ si me menɔa me o.”[69a]

Agbagba Siwo Dzem Ðasefowo Le Be Woagade Wo Nɔviwo Gaxɔ Me Madzemadzee O

Ete ɖe Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo dzi vevie be Russia dziɖuɖua le ŋuta sẽm le yewo nɔviwo ŋu nenema. Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo la ŋlɔ lɛtawo tsɔ ɖe kuku na Russia dziɖuɖua be wòaɖe asi le yewo nɔvi siwo wolé de gaxɔ me ŋu.[23] Senyala siwo le Ðasefo siwo wolé de gaxɔ me ta ʋlim la ɖo agbalẽwo ɖe Russia ʋɔnudrɔ̃ƒe vovovowo be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo, eye woŋlɔ lɛtawo ɖo ɖe Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe nyawo yi na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia kple Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ. Wotsɔ nyatakakawo yi na dukɔwo dome habɔbɔ siwo léa ŋku ɖe ame siwo ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖo ƒe nyawo ŋu hã.[24][25] Yehowa Ðasefowo ayi edzi awɔ wo tɔ sinua be amewo nanya nu siwo wɔm wole ɖe wo nɔvi siwo le Russia ŋu ale be woadzudzɔ wo yome titi kutɔkutɔe le woƒe subɔsubɔ ta.

[ɣeyiɣiawo (tso yeyetɔ dzi va se ɖe xoxotɔ dzi)]Ɣeyiɣiawo

  1. March 18, 2024

    Wode Yehowa Ðasefo 112 gaxɔ me.[26]

  2. October 24, 2023

    Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia de dzesi nu eve le Elista kple Abinsk nutoa me hameawo ŋu nyaa me. Le kɔmitia ƒe nya eve mawo me la, wona eme kɔ be Russia dziɖuɖua mewɔ nu ɖe Ðasefoawo ŋu nyuie kura o, eye esia tsi tre ɖe Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe ɖoɖo 18.1 (“tamebubu, dzitsinya kple subɔsubɔ ƒe ablɔɖe”) kple ɖoɖo 22.1 (“habɔbɔ ƒe ablɔɖe”) ŋu. Kɔmitia ƒe nyametsotsowo ɖo kpe edzi be naneke mele Ðasefoawo ƒe subɔsubɔgbalẽwo me siwo dea dzi ƒo na amewo be woalé fu ame bubuwo alo awɔ nu vlowo o.[71]

  3. June 7, 2022

    Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Russia vevie ɖe ale si wòle fu wɔm Yehowa Ðasefowo ta le ʋɔnunya si nye Taganrog LRO Kple Etɔwo Kpakple Russia.[70]

  4. January 12, 2022

    Russia Dukɔa Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ tsɔ míaƒe JW Library dɔwɔnua kpe ɖe nu siwo dziɖuɖua buna be wodoa aglãdzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ ŋu. Dɔwɔnu sia ko ŋue womeɖe mɔ ɖo be woazã le Russia o.[29]

  5. September 27, 2021

    Ðasefowo ɖe kuku be woagbugbɔ adrɔ̃ nya na yewo le nya me si wotso le March 31, 2021 dzi be JW Library dɔwɔnua doa aglãdzenuwɔna ɖe ŋgɔ, eya ta womagazãe le Russia kple eƒe du bubuwo me o ŋu. Gake Saint Petersburg Dugã Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe. Esia wɔe be ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso gbãtɔ gate dɔwɔwɔ enumake.[31]

  6. April 26, 2019

    Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ de dzesii be womewɔ nu ɖe Dimtriy Mikhailov ŋu nyuie o. Eye wogblɔ be ale si Russia dziɖuɖua le Ðasefowo yome tim la mesɔ kura o.[46]

  7. April 20, 2017

    Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be woaxɔ Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le dukɔa me le wo si eye woɖo asi teƒe 395 siwo wokpena subɔna le dzi.[62]