Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 11, 2018
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Kpekpeɖeŋunadɔ Si Wowɔ Le Karib-ƒukpowo Dzi—Enye Lɔlɔ̃ɖeɖefia Gã Aɖe

Kpekpeɖeŋunadɔ Si Wowɔ Le Karib-ƒukpowo Dzi—Enye Lɔlɔ̃ɖeɖefia Gã Aɖe

Nu siwo wowɔ tsɔ na kpekpeɖeŋu esime ahom sesẽ siwo woyɔ be Irma kple Maria tu le dukɔ siwo le Barbados, France kple Amerika ƒe alɔdzedɔwɔƒewo ƒe dzikpɔkpɔ te me la ŋuti nyatakaka yeyewo le video sia me. Ame geɖe siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa kpe ɖe wo nɔviwo ŋu la ƒe kutrikuku kple agbagbadzedzewo dze le videoa me, eye ale si Mark Sanderson si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ kple Gary Breaux, si nye Dɔdzikpɔhaa ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ yi ɖakpɔ nɔviawo ɖa la ŋuti nya kpui aɖe hã le eme.