Nyagbe Siwo Yehowa Ðasefowo Zãna
Akpe na wò be nèdi be yeaka nya ta tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo ŋu. Numeɖeɖe siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nànya nyagbe siwo míaƒe habɔbɔa zãna kple ale si míeŋlɔa woe. Ne biabia aɖe le asiwò ku ɖe nya aɖe ŋu gake ŋuɖoɖoa medze le numeɖeɖe sia me o la, míeɖe kuku bia Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me.
takpekpe sue. Kpɔ: nutome sue takpekpe.
Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ. Wonye Yehowa Ðasefowo ƒe xɔ siwo lolo wu siwo me wosubɔna le. Le ƒea ƒe ɣeyiɣi vovovowo mea, hame siwo le nuto siwo me xɔ mawo lea kpea ta le afi ma. Wogatea ŋu yɔnɛ be “Takpexɔ.”
Nyɔ! Enye magazine, alo agbalẽ gbadza si Yehowa Ðasefowo tana hemana. Wotae zi gbãtɔ le ƒe 1919 me eye woyɔnɛ ɣemaɣi be The Golden Age; le ƒe 1937 mea, wotrɔ ŋkɔa wòva zu Consolation (Akɔfafa). Eye tso August 22, 1946 ƒe tataa dzia, wova dze eyɔyɔ be Nyɔ! Wotia ŋkɔ si nye Nyɔ! be wòaɖo ŋku edzi na exlẽlawo be ɣeyiɣi vevi aɖe mee míele le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nu.
Betel, Betel dɔwɔla, Betel ƒomea. “Betel” nye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Mawu Ƒe Aƒe.” Enye ŋkɔ si woyɔna na dɔwɔƒe siwo Yehowa Ðasefowo zãna tsɔ kpɔa woƒe Biblia-fiafia dɔwo dzi le dukɔ alo nuto ɖe sia ɖe me. Woyɔa Ðasefo siwo wɔa dɔ le dɔwɔƒe mawo be “Betel dɔwɔlawo,” eye wonye Ðasefowo ƒe dɔwɔhaa me tɔwo. Wogayɔa wo zi geɖe be “Betel ƒomea” me tɔwo, elabe abe ƒomewo enea, woawo hã wosubɔna ɖekae, wowɔa dɔ ɖekae henɔa anyi ɖekae le Betel ƒewo me. Nyagbe “Betel dɔwɔla” menye bubuŋkɔ si wotsɔna na ame siwo wɔa dɔ le afi ma o.
Alɔdzekɔmiti. Ɣesiaɣi si woɖo alɔdzedɔwɔƒe aɖea, wotiaa hamemetsitsi etɔ̃ alo esi wu nenema wonyea Alɔdzekɔmiti si kpɔa dukɔa alo dukɔ siwo le alɔdzedɔwɔƒe ma ƒe dzikpɔkpɔ tea ƒe dɔwo dzi.
alɔdzedɔwɔƒe. Enye dɔdzikpɔƒe si woɖo ɖe dukɔ aɖe me si Alɔdzekɔmitia zãna tsɔ kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔwo dzi le dukɔ ɖeka alo esi wu nenema la me. Ɣeaɖewoɣia, wogayɔnɛ kpuie ko be “alɔdze.”
nɔviŋutsu. Ŋutsu si xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Ne wozã nyagbe sia le mɔ gbadza ko nu la, woŋlɔnɛ kple alfabeta suetɔ. Gake ne woyɔ nyagbea tɔ ɖe Ðasefo ŋutsu ƒe ƒomeŋkɔ ŋu la, wodzea eŋɔŋlɔ gɔme kple alfabeta gãtɔ (le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Smith). Womezãnɛ abe bubuŋkɔ ene o. Alea tɔgbie wòle ne wole nu ƒom tso Ðasefo nyɔnu hã ŋu (le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Smith).
nɔviwo ƒe habɔbɔ. Wozãa nyagbe sia tsɔ ɖɔa Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo la me tɔwo (ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le eme).—1 Petro 5:9.
nutome sue. Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le nuto aɖe me.
nutome sue takpekpe. Ŋkeke ɖeka ƒe kpekpe si Yehowa Ðasefowo ƒe hame vovovowo va ƒoa ƒu wɔna zi eve le ƒea me. Woɖe mɔ be ame sia ame nade takpekpe siawo siwo ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Le kpekpe siawo mea, woɖoa aɖaŋu siwo kpena ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ale be wòaɖe vi na wo. Wowɔa nu siwo me míetona le agbe me gbe sia gbea ƒe wɔwɔfia kpuiwo tsɔ fiaa vavalawo ale si woawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Zi geɖea, wowɔa kpekpe siawo le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ me, gake wogatea ŋu kpɔa wɔnaa to Internet dzi hã. Wowɔa kpekpe siawo le kwasiɖanuwuwuwo zi geɖe.
nutome sue dzikpɔla. Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe si wɔa eƒe subɔsubɔdɔa le alɔdzedɔwɔƒea ƒe mɔfiafia te. Esrãa hame ɖe sia ɖe si le nutome suea me kpɔna zi eve ya teti ƒe sia ƒe, eye ne srɔ̃ le esi la, eya hã kpena ɖe eŋu. Edea dzi ƒo na ame ɖekaɖekawo le hamea me, eye tsɔ kpe ɖe eŋua, edea dzi ƒo na hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo hã eye wòɖoa aɖaŋu na wo. Nutome sue dzikpɔlawo tsɔa nufiame siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe la yina na hame ɖe sia ɖe. Womezãa nyagbe nutome sue dzikpɔla abe bubuŋkɔ ene o.
hame. Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo si kpena edziedzi subɔna ɖekae. Hamemetsitsiwo ƒe ha nɔa hame ɖe sia ɖe me eye hamemetsitsiawo dometɔ ɖe sia ɖe kpea asi ɖe eŋu wofiaa nu hame bliboa kple ame ɖekaɖekawo hezãa Biblia tsɔ ɖoa aɖaŋu na wo. Ame sia ame ate ŋu ade míaƒe hame ƒe kpekpewo faa.
takpekpe. Kpɔ: dukɔwo dome takpekpe kple takpekpe gã.
hamemetsitsi. Ðasefo ŋutsu si tsi le xɔse me si dzi woda asi ɖo be wòafia nu hamea me tɔwo ahalé be na wo. Nu siwo woakpɔ le ame ŋu hafi wòadze le Ŋɔŋlɔawo nu anye hamemetsitsi la dze le 1 Timoteo 3:1-7; Tito 1:5-9; Yakobo 3:17, 18; kple 1 Petro 5:2. Hamemetsitsiwo menye dzikpɔla siwo woxea fe na o, eye womenye dɔwɔviwo na hame siwo me wole alo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha aɖeke o. Hamemetsitsiawo ŋutɔ wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui kple woƒe ƒomewo dzi. Menye nunɔlawo ƒe hae hamemetsitsiwo nye o, eye womedea vovototo woawo kple hamea me tɔ bubuwo dome o. Menye dzesideŋkɔ alo bubuŋkɔe nya hamemetsitsi nye o.
gbeadzi. Nyagbe sia kuna ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna ŋu le ɖekawɔwɔ me kple se si Yesu de be woaɖe gbeƒã ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia’ “le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.”—Mateo 24:14; 28:19.
Gilead, Gilead Suku. Eyae nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku si woɖo anyi le ƒe 1943 me ale be woana hehe amewo woava nye dutanyanyuigblɔlawo. Fifia, enye ɣleti atɔ̃ ƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo, eye Yehowa Ðasefo siwo wokpe ye dea sukua. Ne èdi be yeaŋlɔe kpuie ko be “suku” la, ke zã alfabeta suetɔwo.
Dɔdzikpɔha. Hamemetsitsiwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si wode dɔ asi na be woakpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa dzi le xexea me godoo. Woawoe xɔa ŋgɔ woŋlɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo zãna. Togbɔ be Dɔdzikpɔhaa me tɔwo xɔa ŋgɔ le dɔ siwo Ðasefowo wɔna le xexea me godoo dzi kpɔkpɔ me hã la, wobua Yesu Kristo be eya koe nye Yehowa Ðasefowo ƒe Kplɔla. Dɔdzikpɔhaa wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwɔƒegã si le Warwick, New York, USA.
dukɔwo dome takpekpe. Enye ŋkeke etɔ̃ ƒe kpekpe si ŋu Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖo be amewo nakpe ta asubɔ ɖekae ahasrɔ̃ Biblia. Wowɔa kpekpe siawo le dugãwo me le xexea me godoo. Ne wowɔ takpekpe sia le ƒe aɖe mea, ƒe ʋɛ aɖewo va yina hafi wogawɔnɛ. Wokpea Ðasefo siwo le dukɔ vovovowo me be woade takpekpea. Ame sia ame ate ŋu ade takpekpea, eye wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe vavalawo ŋu woate ɖe Mawu ŋu eye wòado ŋusẽ ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome le xexea me godoo. Zi geɖea, wohayaa teƒe na takpekpea wɔwɔ eye edzea egɔme tso Fiɖa va se ɖe Kwasiɖa.
Yehowa. Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Wɔla la ƒe ŋkɔe nye Yehowa, abe ale si Biblia gblɔe ene. (Psalmo 83:18) Mele be woatsɔ “Yehowa” aɖɔli ame ƒe ŋkɔ ne wole susu hem yi Yehowa Ðasefo aɖe dzi o.
Yehowa Ðasefowo. Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha si me tɔwo subɔa Yehowa Mawu eye wodoa vevie Biblia fiafia amewo to mɔnu vovovowo dzi. Taɖodzinu vevitɔ si le woƒe Biblia-fiafia dɔa ŋue nye be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea alo eƒe dziɖuɖua ŋuti nya nyuia na amewo. (Mateo 24:14) Ŋkɔ sia ɖea wo ɖe vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ. Eye ehea susu yia Ame si teƒenɔlawo wonye kple subɔsubɔdɔ si wotsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoawɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me la dzi. Hafi woabu ame aɖe be enye Yehowa Ðasefo la, ele be wòase Biblia ƒe nufiafia veviwo gɔme ale si dze, ele be Yehowa Ðasefowo ƒe hame si wòdea ha kplii la nada asi ɖe edzi be edze awɔ gbeƒãɖeɖedɔa, eye wòaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Mawu la dzi. Ele be woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ bliboa (“Yehowa Ðasefowo”) zi gbãtɔ si woahe susu ayi mía dzi le nyati aɖe me. Woate ŋu atsoe kpuie ko be “Ðasefowo.” Ne àƒo nu tso mía dometɔ ɖeka ŋu la, zã nya “Ðasefo” alo “Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.” Míeɖe kuku, ƒo asa na nyagbewo abe “Yehowa Ðasefotɔwo” alo “Yehowa tɔwo” ene zazã.—Yesaya 43:10.
Yesu Kristo. Eyae nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi. Yehowa Ðasefowo bua Kristo be enye yewoƒe Kplɔla eye wodzea agbagba vevie be yewoasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu ahanɔ agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu. Ðasefowo bua Kristo be enye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ kple Yehowa ƒe Ðasefo vevitɔ, eye be eyae nye ame si dzi Yehowa Mawu ato aɖe ameƒomea.—Yesaya 9:6, 7; Nyaɖeɖefia 1:5.
Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata. Tadeaguƒe si hame ɖeka alo esi wu nenema la zãna le nuto aɖe me. Woyɔnɛ zi geɖe be “Fiaɖuƒe Akpata.” Míeɖe kuku, mègayɔe be “tsɔtsi” o.
Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Wɔna si wotsɔ ɖoa ŋku Kristo ƒe kua dzi ƒe sia ƒe si wogayɔna be Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La. Yehowa Ðasefowo bunɛ be enye wɔna vevitɔ kekeake le ƒea me kple subɔsubɔwɔna ɖeka kolia si Kristo de se na eyomedzelawo tẽe be woawɔ.—Luka 22:19, 20.
kwasiɖa domedome kpekpe. Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpe si Ðasefowo wɔna le fiẽsi me le ŋkeke si menye kwasiɖanuwuwu o dzi. Enye kpekpe si nɔa akpa etɔ̃ me si woyɔna be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ, eye taɖodzinu si le eŋue nye be wòakpe ɖe Ðasefowo ŋu be woƒe mawusubɔsubɔ kple agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi. Le kpekpe siawo mea, womedzɔa ga le amewo si alo xɔa ga ɖe vava ta o, abe ale si ko wònɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe bubuwo katã me ene.
subɔsubɔdɔwɔla. Ðasefo ŋutsu mawuvɔ̃la si kpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woalé be na hamea. Be ame nanye subɔsubɔdɔwɔlaa, ele be wòayi edzi anɔ agbe wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo le mawunyakpukpui siawo me la dzi: 1 Timoteo 3:8-10, 12, 13 kple Tito 2:2, 6-8. Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vevi vovovowo tsɔ kpea asi ɖe eŋu be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nu le hamea me. Womexea fe na wo ɖe dɔ siwo wowɔna ta o eye womenye dɔwɔviwo na hame siwo me wole alo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha aɖeke o. Woawo ŋutɔe wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui kple woƒe ƒomewo dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, subɔsubɔdɔwɔla aɖewo ate ŋu ava dze anye hamemetsitsiwo. Womezãa nya “subɔsubɔdɔwɔla” abe bubuŋkɔ ene o.
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe. Hebri Ŋɔŋlɔawo (Nubabla Xoxoa) kple Hela Ŋɔŋlɔawo (Nubabla Yeyea) si gɔme Yehowa Ðasefowo ɖe hetana la ƒe ŋkɔ bliboa. Woagate ŋu ayɔe kpuie ko be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.
mɔɖela. Ŋkɔ si woyɔna na ame si dzea agbagba be yeazã gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe koŋ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɣleti sia ɣleti. Zi geɖea, wozãa nyagbe sia wònyea “gbesiagbe mɔɖela” ƒe yɔyɔ kpuitɔ. Ame siawo zãa gaƒoƒo 600 tsɔ ɖea gbeƒã ƒe sia ƒe (gaƒoƒo 50 ɣleti sia ɣleti). Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nyagbe sia wònyea “kpekpeɖeŋu mɔɖela” ƒe yɔyɔ kpuitɔ. Ame siawo zãa gaƒoƒo 15 alo 30 tsɔ ɖea gbeƒã ɣleti ɖeka alo le ɣleti vovovowo me tri ɖe enu. Womexea fe na mɔɖelawo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna la ta o eye womenye dɔwɔviwo na hame siwo me wole alo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha aɖeke o. Mɔɖela akpa gãtɔ wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokuiwo dzi. Womezãa nya “mɔɖela” abe bubuŋkɔ ene o.
gbeƒãɖeɖe. Kpɔ: gbeadzi.
Dutoƒokpekpe. Enye hame ƒe kpekpe si wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa le kwasiɖanuwuwuwo zi geɖe. Le kpekpe sia mea, woƒoa nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi si xɔa miniti 30, eye eɖea vi na ame sia me si wokpe hã. Le nuƒoa megbea, wotsɔa gaƒoƒo ɖeka dzroa Biblia me nyati aɖe si le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na me. Enyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Le kpekpe siawo mea, womedzɔa ga le amewo si alo xɔa ga ɖe vava ta o, abe ale si ko wònɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe bubuwo katã me ene.
gbeƒãɖela. Enye Yehowa Ðasefowo ƒe hamea me tɔ si kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna le dutoƒo la me. Hafi ame nadze anye gbeƒãɖelaa, ele be wòase Biblia ƒe gɔmedzenufiafia veviwo gɔme ahaxɔ wo dzi ase eye wòanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Womexea fe na gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ta o eye womenye dɔwɔviwo na hame siwo me wole alo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha aɖeke o. Nya, “gbeƒãɖela” menye bubuŋkɔ o.
takpekpe gã. Ŋkeke etɔ̃ ƒe kpekpe si wowɔna ƒe sia ƒe si me hame vovovo siwo le nuto aɖe koŋ me la kpɔa gome le. Wotrɔa asi le kpekpe siawo ŋu be wòado ŋusẽ amewo ƒe xɔse. Ame sia ame ate ŋu ade kpekpe siawo faa, womexɔa ga aɖeke o. Le kpekpe siawo mea, woɖoa aɖaŋu siwo kpena ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ale be wòaɖe vi na wo. Wowɔa nu siwo me míetona le agbe me gbe sia gbe kple Biblia me ŋutinya ƒe wɔwɔfiawo tsɔ fiaa vavalawo ale si woawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Zi geɖea, míewɔa takpekpe gãwo le teƒe gã siwo wohaya, abe fefewɔƒewo, bɔlƒoƒewo, kple ƒuƒoƒewo ene. Le teƒe siwo vavalawo le ʋɛ wu la, wowɔa takpekpe gãwo le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔwo me. Zi geɖea, wowɔa takpekpe siawo tso Fiɖa va se ɖe Kwasiɖa. Fifia, woléa nu siwo yi edzi le takpekpe siawo mea dana ɖe míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea.
nɔvinyɔnu. Nyɔnu si xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Ne wozã nyagbe sia le mɔ gbadza ko nu la, woŋlɔnɛ kple alfabeta suetɔ. Gake ne woyɔ nyagbea tɔ ɖe Ðasefo nyɔnu ƒe ƒomeŋkɔ ŋu la, wodzea eŋɔŋlɔ gɔme kple alfabeta gãtɔ. (le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Smith). Womezãnɛ abe bubuŋkɔ ene o. Alea tɔgbie wòle ne wole nu ƒom tso Ðasefo ŋutsu hã ŋu (le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Smith).
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. Enye magazine vevitɔ si Yehowa Ðasefowo tana hemana la ƒe ŋkɔ bliboa. Wogayɔnɛ hã be Gbetakpɔxɔ. Susu si ta wotsɔ ŋkɔ ma na magazine siae nye be woɖoe be wòakpe ɖe exlẽlawo ŋu woanɔ ŋudzɔ ɖe ale si Mawu ƒe tameɖoɖowo le eme vam ŋu. (Ezekiel 33:7; Mateo 24:42) Míetsɔa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana la naa ame siwo adi be yewoaxlẽe eye míedoa asi ɖe eŋu o. Le xexea me godoo la, wozãa Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na la tsɔ wɔa biabia-kple-ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro kwasiɖa sia kwasiɖa le hamewo me. Wole Gbetakpɔxɔ tam tso keke ƒe 1879 va de asi na fifia, eye enye magazine si wotana le agbɔsɔsɔ gã me ɣleti sia ɣleti wu bubu ɖe sia ɖe le xexea me.
DE DZESII: Ne èle nu ŋlɔm tso Yehowa Ðasefowo ŋua, míeɖe kuku zã míaƒe ŋkɔ bliboa zi gbãtɔ si nàƒo nu tso mía ŋu le nyatia me.